Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 11:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Esi wògblɔ nya sia la, edo ɣli sesĩe be, “Lazaro, do go va!”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 11:43
12 Mawu Ofanana  

Eye wovɔ̃ geɖe ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?


Nye la menyae bena, edoa tom ɖaasi; ke le ameha, si le tsitre ƒo xlãm la ta, megblɔe ɖo, bena woaxɔ ase bena, wòedɔm ɖa.


Eye eme kuku, si ƒe afɔwo kple asiwò le babla la, do go kple ameɖivɔwo, eye laku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ bena: Mitui, eye mina wòayi.


Azɔ ŋkeke ade hafi ŋutitoto la naɖo la, Yesu va Betania, afisi Lazaro, si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la le.


Tete la Yudatɔwo ƒe ameha geɖeawo se eŋkɔ bena, ele afima, eye wova, menye ɖe Yesu ɖeɖeko ta o; ke boŋ, bena woakpɔ Lazaro hã, amesi wòfa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.


Eye esi Petro kpɔe la, egblɔ na dukɔ la bena: Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mia dzi gã, abe ɖe mieto mia ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene?


Ke Petro gblɔ bena: Klosalo kple sika mele asinye o; gake nusi le asinye la, eya mana wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me tsi tre, eye nazɔ azɔli!


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò: tsi tre, eye wò ŋutɔ naɖo wò aba! Eye enumake wòtsi tre.


Eye esi Petro nyã wo katã do go la, edze klo, eye wòdo gbe ɖa; eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ bena: Tabita, tsi tre! Eye eya la ʋu eƒe ŋkuwo, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa