Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa!
Tete wòƒu du va Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu, si Yesu lɔ̃na la gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Wotsɔ Aƒetɔ la le yɔdo la me yii, eye mienyã afisi wotsɔe ɖada ɖo o.