Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 11:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Egblɔ ne bena: E, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la, si gbɔna xexeame.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Marta ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, mexɔe se be, wòe nye Kristo, Mawu Vi la, ame si ava xexea me la.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 11:27
17 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Alo wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã?


Eye Simon Petro xa edzi gblɔ bena: Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!


Tete wòde se na nusrɔ̃lawo bena, woagagblɔe na amea ɖeke bena, yee nye Kristo la o.


elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me.


Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.


eye wogblɔ na nyɔnua bena: Azɔ menye le wò nuƒoƒo ŋuti miexɔe se ɖo o; elabena mía ŋutɔwo miese, eye mienya bena, ame siae nye xexeame xɔla vavã.


Azɔ esi ameawo kpɔ dzesi, si wowu la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.


Eye miexɔe se, eye míedze sii bena, wòe nye Kristo, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la.


Ke esi wole mɔa dzi heyina la, wova ɖo tsia ɖe gbɔ Eye aƒedzikpɔla la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, tsie nye esi, nuka xe mɔ na nye mawutsidedeta mahã?


Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la.


Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa