Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 10:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Ne eya amesiwo tà mawunya va ɖo la be mawuwo la, womate ŋu ada ŋɔŋlɔ la dzi o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya la va na, eye womate ŋu ada le mawunya la dzi o,

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 10:35
27 Mawu Ofanana  

Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Yi nagblɔ na nye dɔla Dawid bena: Ale Yehowa to enye si: Wòe atu xɔ nam manɔ emea?


Esia nye nya, si Yehowa gblɔ na Yehu bena: Viwòwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi vaseɖe dzidzime enelia dzi: eye nenema wòva mee.


ke Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be: Ekɔ ʋu ɖe anyi akpa, eye nèwɔ aʋa geɖe, eyata matu xɔ na nye ŋkɔ o, elabena ekɔ ʋu geɖe ɖe anyi le ŋkunye me.


Tete nukpɔla Yehu, Xanani vi, yi ɖakpee, eye wogblɔ na fia Yosafat bena: Ame vlo ŋu nèyi ɖakpe ɖoa, eye nèlɔ amesi lé fu Yehowa a? Le esia ta Yehowa ƒe dɔmedzoe va dziwò ɖo.


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Ke esi woklãe ɖe ati ŋuti megbe la, womã eƒe awuwo me, eye wodzidze nu ɖe wo dzi, bena woawu nya, si nyagblɔɖila gblɔ ɖi la nu bena: „Wòmã nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu ʋlaya dzi.“


Elabena vava mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o.


Ke ele bɔbɔe, be dziƒo kple anyigba nu nayi wu esi se la ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖeka natsi anyi.


Yesu xɔ dzi na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖe miaƒe se la me o bena: „Me bena: mawuwo míenye“ mahã?


amesi Fofo la wɔ kɔkɔe, eye wòdɔ ɖo ɖe xexea me la, eyama ŋuti mia wo miele gbɔgblɔm le bena: Ebɔ busu, esi mebena: Mawuvi menye mahã?


Esia megbe la, esi Yesu nyae bena, wowu nuwo katã nu azɔ, bena ŋɔŋlɔ la nava ve me la, egblɔ bena: Tsikɔ le wuyem!


Ŋutsuwo kple nɔviwo, ele be, woawu ŋɔŋlɔ, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ɖi to Dawid nu la nu le Yuda, amesi zu mɔfiala na amesiwo lé Yesu la ŋuti.


Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖua ɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.


Yehowa, wò Mawu, le nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene, ame sia miaɖe toe!


Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Yehowae dom, be masi ami na wò, ne naɖu fia ɖe eƒe dukɔ Israel dzi. Eyata ɖo to Yehowa ƒe gbe!


Eye Saul bia nu Yehowa, ke Yehowa meɖo ŋu nɛ le drɔ̃e me loo alo to Urim alo nyagblɔɖilawo dzi o.


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mati adzoha sia yomea? Eye matu woa? Eɖo ŋu nɛ bena: Ti wo yome, elabena èle wo tu ge, eye axɔ ameawo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa