Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 10:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Yudatɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti miele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

33 Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Menye nukunu siwo nèwɔ la tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Nu ka ta wò amegbetɔ nèle ɖokuiwò yɔm be Mawu ɖo?”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 10:33
11 Mawu Ofanana  

Eye mitsɔ yakame eve ɖo ekasa, amesiwo anɔ ɖase ɖim le eŋu anɔ gbɔgblɔm bena: Edo ɖiŋu na Mawu kple fia la! Emegbe miakplɔe ado goe aɖaƒu kpee wòaku.


Nyee gblɔ be: Mawuwo mienye, eye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo mi katã mienye!


Kplɔ ɖiŋudola la yi asaɖa la godo, eye amesiwo katã se nyaa, natsɔ woƒe asi aɖo eƒe tame, eye ha blibo la naƒu kpee woaku.


Ne amea ɖe ƒo fi de Yehowa ƒe ŋkɔ la, woawui; ha blibo la naƒu kpee wòaku, eɖanye amedzro alo duamevi o, ele be, woaku, elabena eƒo fi de ŋkɔ kɔkɔe la.


Tete la Yudatɔwo va ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ bena: Ɣekaɣi dzi nana miaƒe luʋɔ natsi dzodzodzoe ase ɖo mahã? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi faa.


Mia kple Fofonye la ɖekae míele.


Yesu ɖo ŋu na wo bena; Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dome ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã?


Yudatɔwo ɖo eŋu ne bena: Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, woaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.


Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu.


Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖua ɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.


amesi esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wòna hã la, mebui nuhahae bena, eye kple Mawu so o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa