Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 10:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Yesu ɖo ŋu na wo bena; Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dome ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 gake Yesu gblɔ na wo be, “Fofo la na mewɔ nukunuwo na mi. Nu siawo dometɔ ka ta miedi be yewoaƒu kpem ɖo?”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 10:32
16 Mawu Ofanana  

Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wodo tsyɔ̃evim.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Eye Yeremya gblɔ na fia Zedekiya bena: Nuvɔ̃ ka mewo ɖe mia kple wò dɔlawo kple dukɔ sia ŋu, hafi mietsɔm ɖe ga me?


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Yesu ɖo ŋu na wo bena: Megblɔe na mi, eye miexɔe se o: dɔ, siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi la, woawo le ɖase ɖim le ŋutinye.


Tete la Yudatɔwo gafɔ kpewo, bena yewoaƒui.


Yudatɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti miele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui.


Ne nyemele Fofonye ƒe dɔwɔwɔwo wɔm o la, ekema migaxɔ dzinye se o.


Ke nye la mexɔ ɖaseɖiɖi, si lolo wu Yohanes tɔ; elabena dɔwɔwɔ, siwo Fofo la nam, bena mawu wo nu la, dɔwɔwɔ ma, siwo ke wɔm mele la, le ɖase ɖim le ŋutinye bena, Fofo lae dɔm ɖa.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa