Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 10:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o,

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 10:28
60 Mawu Ofanana  

Ke ame dzɔdzɔe alé eƒe mɔ ɖe asi sesĩe, eye asi dzadzɛ tɔ akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.


Àɖem le ɖɔ, si woɖo nam la me, elabena wòe nye nye sitsoƒe!


Elabena Yehowa laa nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo.


Elabena ame dzɔdzɔe dzea enyi zi adre, eye wògafɔna; ke ame vɔ̃ɖiwo dzea dzɔgbevɔ̃e me.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.


Nye Yehowa manye eŋu dzɔla, eye made tsii ɣesiaɣi, be naneke magawɔe o; madzɔ eŋu zã kple keli.


Yehowa atso xɔname mavɔ aɖe Israel; ŋukpe kple vlododo malé mi tegbetegbe akpɔ o.


Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


Eye maɖo lãkplɔviwo wo nu, amesiwo anyi wo; womagavɔ̃ azɔ o, dzi magaɖe le wo ƒo o, eye wo dometɔa ɖeke mabu o, Yehowa ye gblɔe.“


Yehowa ɖe eɖokui fiãm le didiƒe. Metsɔ lɔlɔ̃ mava lɔ̃ wò, eyata meɖo amenuveve ɖi na wò didie alea.


Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.


Mabla nu mavɔ kpli wo, ale be nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o. Made ŋunye vɔvɔ̃ woƒe dzi me, be womagate ɖa le ŋunye o.


Ke aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo latsi tre, eye woawɔ dzesi wo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, ne woaflu ame tiatiawo hã.


Eye esi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe la, egblɔ bena: Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de; ke esi wògblɔ esia la, etsɔ gbɔgbɔ la na.


Fofonye, si tsɔ wo nam la, eya ƒo nuwo katã ta, eye amea ɖeke mate ŋu axɔ wo sesẽ le Fofonye si me o.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe;


Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o; ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.


Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.


bena woawu nya, si wogblɔ ɖi la nu bena: „Amesiwo nètsɔ nam la, nyemebu wo dometɔa ɖeke o.“


Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.


ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔe se la, agbe mavɔ le esi.


Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.


Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.


Elabena nenye to ame ɖeka ƒe vodada me ku la ɖu fia to ame ɖeka dzi la, ekema amesiwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe awu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi.


amesi me miekpɔe mɔnu hã le le xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ, si me míetsia tre ɖo la, eye mieƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.


bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.


Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me.


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Elɔ̃ dukɔwo, eye eƒe ame kɔkɔewo katã le esi me. Wodze wò afɔ yome, eye netsɔ wò nya kplɔ wòe.


esia ke ŋuti meɖoa ŋu ɖo bena, amesi dze do nyui wɔwɔ gɔme le mia me la, eya ke awu enu vaseɖe Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi,


Ke ele na mí be, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔvi, siwo Aƒetɔ la lɔ̃na, bena Mawu Mia mi tso gɔmedzedzea me hena xɔxɔ le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ kple nyateƒe dzixɔse la me,


Ke esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mava la.


nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,


elabena agbe la da, eye míekpɔe, eye míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbe ƒã agbe mava, si le Fofoa gbɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe go fia mí la fia mi —


Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.


Eye ŋugbedodo, si eya ŋutɔ ɖo na mí la, eya nye agbe mavɔ la.


Eye ɖaseɖiɖi la enye si bena, Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe sia le Via me.


Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔvi la, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo woyɔ, eye wowɔ wo kɔkɔe le Mawu Fofo la me, eye wodzra wo ɖo le Yesu Kristo me la;


eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la bena agbe mavɔ.


Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;


Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo ƒe afɔ dzi, ke ame vlowo atsrɔ̃ ɖe viviti me; elabena ame ƒe ŋusẽ mena wòzua dziɖula o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa