Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 10:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye wo dome ame geɖewo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye eƒe tame da; nukaŋuti miele to ɖomi mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Wo dometɔ geɖewo gblɔ be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye wòle tsu kum. Migaɖo toe o.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 10:20
15 Mawu Ofanana  

Woɖee le xaxa kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye eŋɔlimeviwo dometɔ kae bu eŋuti kpɔ be, woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, eye wowɔ fui le nye dukɔ ƒe dzidadawo ta?


Yehowa tsɔ wò ɖo nunɔla ɖe nunɔla Yoyada teƒe, ne nanye dzikpɔla le Yehowa ƒe aƒe la me ɖe amesiame, si ƒe tagbɔ gblẽ, wòle nya gblɔm ɖi la nu, eye nadee kunyowu kple ga me.


Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?


Elabena Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu hã o, eye wogblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.


Ke farisitɔwo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzie wòto nyã gbɔgbɔ vɔwo do goe.


Eye esi etowo see la, wodo go yi ele ge; elabena wogblɔ be: Eƒe tame da!


Ameha la ɖo ŋu bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo: ameka le didim be, yeawu wò mahã?


Yudatɔwo gblɔ nɛ bena: Azɔ ko míedze sii bena, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, eye wòa nèle gbɔgblɔm bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku ɖɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me mahã?


Eye esi wòɖe eɖokui nu alea la, Festo gblɔ kple gbe sesẽ bena: Ele tsu kum, Paulo, agbalẽsɔsrɔ̃ geɖe wɔ wò nèzu tsukuno!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa