Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 1:50 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

50 Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Esi megblɔ na wò bena, mekpɔ wò le gbotia te la, èxɔe se mahã? Nu gãwo wu esiawo kpo ge nala.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

50 Yesu gabiae be, “Ɖe nèxɔ dzinye se elabena mete ŋu kpɔ wò le gboti ma tea? Nu gãwo wu esia aɖe ame si menye la afia wò.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 1:50
9 Mawu Ofanana  

Elabena amesi ke nu le esi la, eya woana nui, eye woagbã go ne: ke amesi ke nu mele esi o la, nusi ke le esi la, woaxɔ eya hã le esi.


Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le ma to la, ete ɖe eŋuti, ke mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, eye wògblɔ nɛ bena: Tso esia dzi yina la megale tsetse ge halase tegbetegbe o. Eye enumake gboti la yrɔ sũ.


Elabena amesiame, si nu le esi la, woana nui, woagbã go nɛ: ke amesi si nu mele o la, nusi le esi la, woaxɔ eya hã le esi.


Eye Woayra wò, amesi xɔe se, elabena woawu nusiwo wogblɔ na wò tso Aƒetɔ gbɔ la nu.


Eye esi Yesu se esiawo la, eƒe mo wɔ yaa le eŋuti, eye esi wòtrɔ la, egblɔ na ameha, si dze eyome la bena: Mele egblɔm na mi bena: Le Israel gɔ̃ hã la nyemekpɔ xɔse sia tɔgbe kpɔ o.


Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.


Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Míakpɔ dziƒo nuvo, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam, eye woanɔ ɖiɖim ɖe Amegbetɔvi la dzi.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ɖe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, èkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã?


Yesu gblɔ ne bena: Toma, esi nèkpɔm la, èxɔe se; Woayra amesiwo mekpɔa nu o, eye gake woxɔnɛ sena.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa