Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 1:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

47 Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israelvi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 1:47
13 Mawu Ofanana  

Woayra amesi Yehowa mehe vodada na o, eye eƒe gbɔgbɔ me la alakpaa ɖeke meli o.


Asaf ƒe ha. Nyateƒee, Mawu ƒe dɔme nyo ɖe Israel ŋu, de amesiwo ƒe dzi dza la ŋu.


eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.


Egblɔ nɛ bena: Heyi ɖayɔ srɔ̃wò, eye nava afisia.


Tete Yesu gblɔ na Yudatɔ, siwo xɔ edzi se la bena: Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye,


Woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Mia fofoe nye Abraham. Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe Abraham viwo mienye la, ne miawɔ Abraham ƒe dɔwɔwɔwo.


amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;


Ke mele nenem bena, Mawu ƒe nya zu dzodzro o. Elabena menye amesiwo katã tso Israel me la, wonye Israeltɔwo o;


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Eyata miɖe vɔ̃ɖinyenye katã kple aɖaŋu vɔ̃ katã kple alakpadada kple ŋuʋaʋã kple ameŋuzɔzɔ katã ɖa,


amesi mewɔ nuvɔ̃a ɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o;


Eye womekpɔ aʋatsokakaa ɖeke le woƒe nu me o; elabena wonye mokaka manɔŋutɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa