Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 1:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem la dɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ be woabiae be, “Ame kae nènye?”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 1:19
27 Mawu Ofanana  

Amesia va le ɖaseɖiɖi ta, bena wòaɖi ɖase le kekeli la ŋuti, bena amewo katã naxɔ ase to eyama dzi.


Tete la Yudatɔwo va ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ bena: Ɣekaɣi dzi nana miaƒe luʋɔ natsi dzodzodzoe ase ɖo mahã? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi faa.


Tete la Yudatɔwo gafɔ kpewo, bena yewoaƒui.


eye Yudatɔwo dome ame geɖewo va Marta kple Mana gbɔ, bena yewoafa akɔ na wo le wo nɔvi la ŋuti.


Tete Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã?


Azɔ Yudatɔwo gblɔ bena: Mawuxɔ sia tutu xɔ ƒe blane vɔ ade sɔŋ, eye wò la àgagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃agbe mahã?


Eyaŋuti Yudatɔwo gblɔ na amesi ŋu woda gbe le la bena: Egbee nye Sabat, eye womeɖe mɔ na wò be, natsɔ wò aba o.


Ame la to dzi heyi ɖagblɔ na Yudatɔwo bena, Yesu yenye amesi na yeƒe lãme sẽ.


Eye le esia ta Yudatɔwo ti Yesu yome, eye wodi be, yewoawui; elabena ewo nusia le Sabat dzi.


Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu.


Tete Yudatɔwo li liʋiliʋi le eŋuti; elabena egblɔ bena: Nyee nye abolo, si di tso dziƒo va.


Azɔ Yudatɔwo he nya le wo nɔewo dome gblɔ bena: Aleke amesia ate ŋu ana eƒe ŋutilã mí, be míaɖu mahã?


Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo ɖi be, yewoawui ta.


Azɔ Yudatɔwo dii le ŋkekenyuiea ɖuƒe, eye wogblɔ bena: Afika ame ma le?


Eyaŋuti Yudatɔwo tsi yaa gblɔ bena: Aleke wo amesia nya agbalẽ, esi nasrɔ̃ nu kpo o mahã!


Tete Yudatɔwo gblɔ bena: Ɖe wòyina eɖokui wu ge, esi wògblɔ bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o mahã?


Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ɖe miegblɔe de eteƒe bena, Samariatɔ nenye, eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo o mahã?


Yudatɔwo gblɔ nɛ bena: Azɔ ko míedze sii bena, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, eye wòa nèle gbɔgblɔm bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku ɖɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me mahã?


Tete Yudatɔwo gblɔ nɛ bena: Mexɔ ƒe blaatɔ̃ haɖe o, eye nèkpɔ Abraham mahã?


Ke esi Yohanes wu eƒe mɔzɔzɔ nu la, egblɔ bena: Ameka miebu xa bena, rnenyea? Menye nyee nye Kristo la o; ke kpɔ ɖa, egbɔna le megbenye, amesi ƒe atokota nu ka medzena be, matu o.


Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu.


Kpɔ ɖokuiwò dzi le anyidɔwo ŋu, eye nale nusiwo katã nunɔla, amesiwo nye Lewitɔwo, afia wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Lé nusiwo ŋu mede se le na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Eye gbedasi, si miese tso egbɔ, eye míeɖea gbe ƒã na mi la, enye esi bena, Mawu enye kekeli, eye vivitía ɖeke mele eme o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa