Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le nusiawo megbe la matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyonuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Le ŋkeke mawo kple ɣe ma ɣi me ne megaɖo Yuda kple Yerusalem te la,

Onani mutuwo Koperani




Yoel 3:1
23 Mawu Ofanana  

Oo, ɖe xɔname atso Zion ava na Israel! Ne Yehowa gaɖo eƒe dukɔ te le Yakob atso aseye, eye dzi ladzɔ Israel!


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la.


Mitrɔ kɔ ɖe nye mokaname ŋuti. Kpa ɖa, mana nye gbɔgbɔ nado bɔbɔbɔ, eye mana miadze si nye nyawo.


Elabena maƒo tsi ɖe kuɖinyigba dzi kple tɔʋu wo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi,


ke boŋ yewotà Yehowa, amesi kplɔ Israel-viwo tso anyiehe-nyigba kple anyigba, siwo katã dzi wònyã wo ɖo ɖo dzi la ƒe agbe. Magakplɔ wo agbo va woƒe anyigba, si metsɔ na wo fofowo la dzi.


Eye mana miakpɔm, Yehowa ye gblɔe. Magaɖo mi te, eye maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome kple teƒe, siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye makplɔ mi agbo va teƒe, si mena woɖe aboyo mi le, Yehowa ye gblɔe.


Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo Yakob ƒe agbadɔ te, eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo, woagatso du la ɖe eƒe togbɛ dzi, eye fiasã anɔ eteƒe xoxoa.


Yehowa be: Elabena kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye maɖo nye dukɔ Israel kple Yuda te, mana woagbɔ va anyigba, si metsɔ na wo fofowo la dzi, eye woaxɔe wòanye wo tɔ, Yehowa ye gblɔe.


Magaɖo wo te, maɖo Sodom kple vianyɔnuwo te kple Samaria kpakple vianyɔnuwo te, eye maɖo wò hã te le wo dome,


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Azɔ maɖo Yakob te, makpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe blibo la, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la nu.


Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.


Magaɖo nye dukɔ Israel te, eye woatso du zuaƒedowo anɔ wo me, woade weingblewo anɔ wo me wein, eye woatɔ abɔwo aɖu wo me kutsetsewo.


Ke Mose ɖo ŋu nɛ bena: Wòe le ŋu ʋã ge ɖe nunyea? Oo, Yehowa mana eƒe gbagba nava dukɔ blibo la dzi, eye wòatrɔ zu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzro oa?


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


ekema Yehowa, wò Mawu, aɖe dzɔgbevɔ̃e ɖa le dziwò, eye wòave nuwo, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, kaka mi ɖo la gbã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa