6 Dukɔwo dzo nyanyanya le eŋgɔ, eye mowo katã fu tititi.
6 Dukɔwo kpɔe hedzo nyanyanya eye woƒe mowo fu tititi le vɔvɔ̃ ta.
Elabena ne mele abe lãgbɔlẽgolo, si le dzokɔ ene hã, nyemɔŋlɔ wò ɖoɖowo be o.
Dzidzi ƒo wo, nutsoame kple veve lé wo, eye wole ku lém abe nyɔnu dzivi ene; wofa ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eve woƒe mo le vem hẽ!
Mibia se, eye miɖo ŋku anyi be, ɖe ŋutsu dzia vi loo? Nukaŋuti mele ŋutsu sia ŋutsu kpɔm wotsɔ asi ɖo ali abe nyɔnu léku ene, eye woƒe ŋku me wo katã fu tititi?
Nye dukɔ ƒe ƒoƒo na megbã gudugudu, mele nu xam, eye nye lãme ble fu.
Ke azɔ la woƒe dzedzeme nya wu zemabi, eye amea ɖeke medzea si wo le kpɔdomee o. Woƒe agbalẽ lé ɖe woƒe ƒuwo ŋu kpaɖii, eye wòƒu abe nake ene.
Miha klosalo, miha sika! Aƒemenuwo teƒe mekɔ o, eye nu vevi vovovowo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ!
Woaɖi gbɔloe ƒiaƒiaƒia, eye woahae! Dziwo alólo gbanaa eye klowo anɔ ƒoƒom kpakpakpa, aliwo katã adzo nyanyanya, eye ŋkumewo katã afu tititi.