Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 2:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Maɖe anyiehetɔ la ɖa le mia ŋu, ahanyãe aɖo ɖe kuɖinyigba dzi kple gbegbe, atrɔ ta ade ɣedzeƒeƒu, eye wòatrɔ agɔmegbɔ ade ɣetoɖoƒeƒu, eye wòaƒaƒã anɔ ʋeʋẽm, elabena ewo nu eteƒe mekɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 “Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ, matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe. Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me. Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.” Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 2:20
15 Mawu Ofanana  

Xazael gblɔ be: Nuka wò dɔla, avũ, nye be, wòawɔ nu gã sia? Elisa gblɔ bena: Yehowa ɖee fiãm be, wòe le fia ɖu ge ɖe Aram dzi.


Nu gãe Yehowa wɔ na mí vavã, eyata dzi dzɔ mí ɖo!


Eye Yehowa na ɣetoɖoƒeya sesẽa ɖe ƒo, eye wòlɔ ʋetsuviawo ɖe nu ɖakɔ ɖe Avaƒu la me, ale be ʋetsuviawo dometɔa ɖeke megatsi Egipte-nyigba la ƒe afia ɖeke o.


Eye afakalawo hã tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenema, be woahe mũwo vɛ, ke womete ŋui o. Eye mũawo nɔ amewo kple lãwo ŋu.


wotsɔ woƒe ame tsiaʋawo xlã ɖe anyi, woƒe ame kukuwo ƒe ʋeʋẽ de dzi, eye woƒe ʋu na towo lolo gbanaa.


Ɣedzeƒe gome enye si: Yordan nanye liƒo le Xauran kple Damasko, Gilead kple Israel-nyigba dome; midzidzee tso liƒo kemea ŋu vaseɖe atsiaƒu la nu le ɣedzeƒe gome; esia nye ɣedzeƒekpa.


Mehe dɔvɔ̃ va mia dzi abe Egipte tɔa ene; mewu miaƒe ɖekakpuiwo kple yi, woha miaƒe sɔwo, eye miaƒe, asaɖa me ʋẽ kũ ɖo ŋɔti me na mi; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Le ɣemaɣi la tsi gbagbe asi atso Yerusalem, eƒe afãaɖotaɣe-dzeƒeƒu la me, eye afã ado fa ɣe-foɖoƒeƒu la me le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.


Mablu ɖe ʋetsuviwo ta na mi, be womagagblẽ miaƒe anyigba dzi nukuwo o, eye weinka magbe tsetse na mi le agble me o; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Afisiafi, si mieɖo afɔe la, azu mia to, eye miaƒe liƒo atso gbedzi kple Libanon gbɔ kpakple Frat nu vaseɖe ɣetoɖoƒe gome le ƒu la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa