Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Anye viviti kple blukɔ ƒe ŋkeke, eye lilikpo kple viviti tsiɖitsiɖi ado. Abe ale si ŋdikekeli klẽna ɖe towo tame ene la, nenema ke aʋakɔ gã sẽŋu aɖe avae. Ame siawo la, womekpɔ wo tɔgbi kpɔ o, eye womagakpɔ wo tɔgbi kpɔ le xexea me ƒe dzidzimewo dome o!

Onani mutuwo Koperani




Yoel 2:2
34 Mawu Ofanana  

Egblɔna le eƒe dzi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ o, eye amesi maɖo dzɔgbevɔ̃e me ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖegbeɖe o la, menye.


Alilikpo kple tsizi ƒo xlãe, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye eƒe fiazikpui ƒe anyinɔ.


Eye ʋetsuviawo ƒo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye wodze ɖe anyigba la ƒe afisiafi taŋtaŋ; wo tɔgbe meva kpɔ o, eye magava alea hã akpɔ o.


Eye wòayi ɖe wò xɔwo, ŋuwò mewo ƒe xɔwo kple Egiptetɔwo katã ƒe xɔwo me taŋ, nusi teƒe fofowòwo kple tɔgbuiwòwo mekpɔ kpɔ vaseɖe fifi, tso esime wova anyigba la dzi o. Tete wòtrɔ dzo le Farao gbɔ.


Ale dukɔ la tsi tre ɖe adzɔge ke; ke Mose te ɖe alilikpo dodo, si me Mawu le la ŋu.


Eye wòaɖe gbe ɖe eɖzi gbemagbe abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene, eye ne woɖe ŋku ɖe anyigba dzi la, hiã ƒe blukɔ koe li, eye woƒe alilikpo na kekeli do viviti.


alo wode ko to la, kpo ɖa, xaxa kple viviti li; xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me woatutu wo ade.


Miɖe bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu, hafi ne blukɔ nava do, hafi miaƒe afɔ nava kli blukɔ ƒe towo, eye mianɔ mo kpɔm na kekeli, gake wòana woazu tsizi, eye wòana viviti nado.


Le ŋkeke geɖe megbe la Yehowa gblɔ nam be: Tso nayi Frat nu naɖatsɔ alidziblanu, si megblɔ na wò be, naɣla ɖe afima la.


Eyata mi amesiwo katã va to mɔ dzi yina, miɖo ŋku anyi, ne miakpɔ nu be, vevea ɖe ɖe vevesese, si va dzinye, kple nuxaxa, si Yehowa ɖo nam le eƒe dɔmedzɔe heliheli ɖogbe la nu mahã?


Ne mena nuwò yi la, matsyɔ nu na dziŋgɔli, eye eƒe ɣletiviwo ata ahovɔ; alilikpo atsyɔ ɣe dzi, eye dzinu magaɖi o.


Alesi lãkplɔvi ɖea ŋku ɖe eƒe lãhawo le gbesigbe wòle eƒe alé, siwo ka hlẽ dome la, nenema maɖe ŋku ɖe nye alẽwo, eye maɖi wo aƒo ƒu tso teƒe, siwo katã woka hlẽ ɖo le blukɔ kple tsizidogbe la.


Aho ava abe ahom ene, eye ava abe alilikpo ene, anyẽ atsyɔ anyigba la, mia kple wò aʋakɔ blibo la, eye dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.


Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.


Eye wòwɔ eƒe nya, si wògblɔ ɖe mía kple míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, siwo drɔ̃ ʋɔnu mí ŋu la dzi, be yeahe dzɔgbevɔ̃e, si meva me le dziƒo blibo la te kpɔ o la, ava mia dzii, abe alesi wodzɔ ɖe Yerusalem dzii ene.


Elabena dukɔa ɖe ho va nye anyigba dzi, ŋusẽ le eŋu, eye wòsɔ gbɔ kpaŋ, eƒe aɖuwo le abe dzatatsu ƒe aɖu ene, eye eƒe tsyo le abe dzatanɔ tɔ ene.


Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu.


Wole kpo dim le towo ta me abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ene; wole zi nyẽm, abe alesi dzo fiãa gbe ƒuƒui ene, eye wodze aʋa abe aʋakɔ gãa ɖe ene.


Ye ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi. Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.


Elabena eya amesi mè towo, eye wòwɔ ya, etoa amegbetɔ ƒe tamesusuwo nɛ, enana agudzedze zua viviti, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo la ŋkɔ enye Yehowa, Mawu Zebaot!


Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋku me, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, elabena Yehowa do vɔsagbe la ɖi, eye wòkɔ amesiwo wòkpe la ŋu!


Ɣemaɣi la kekeli maganɔ anyi o, ke hoŋ vuvɔ kple tsi babla ko.


Elabena le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.


Elabena ŋkeke mawo lanye xaxa, si tɔgbe meva kpɔ tso nuwɔwɔ, si Mawu wɔ la, ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.


Ɖo ŋku gbaɖegbe dzi, eye nabu lãme le blematɔwo ŋu; bia fofowò, ne wòato nya na wò, eye bia wò amegã ɖeɖiwo, ne woagblɔe na wò!


Elabena menye to, si ŋu woate ŋu aka asii kple dzo bibi kple alilikpo dodo kple viviti kple ahom


ƒutsotsoe dzeagbo, siwo kplɔa woa ŋutɔwo ƒe ŋukpenanuwo va kɔna ɖe go, ɣletivi tramɔ, siwo wodzra ɖo hena viviti tsiɖitsiɖi yi ɖe mavɔmavɔ me la, wonye.


Eye woʋu aʋli me vudo la nu, eye dzudzɔ lu tso vudo la me abe kpodzo gãa ɖe ƒe dzudzɔ ene, eye ɣe kple yame do viviti le vudo la ƒe dzudzɔ la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa