Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 2:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ neɖo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Miƒo ameawo nu ƒu; mikɔ ameha la ŋuti, ame tsitsiwo, ɖeviwo kple vi nonowo siaa. Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me eye ŋugbetɔ nedo go tso xɔ gã me.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 2:16
21 Mawu Ofanana  

Eye Yuda blibo la tsi tre ɖe Yehowa ŋku me, keke woƒe vidzĩewo, wo srɔ̃wo kple woƒe viŋutsuwo ke hã le eme.


eye wògblɔ na wo bena: Mi Lewi-viwo, miɖo tom! Mikɔ mia ɖokui ŋu, eye mikɔ Yehowa, mia tofowo ƒe Mawu ƒe aƒe la ŋu, eye miɖe nu makɔmakɔwo ɖa le kɔkɔeƒe la.


Esi ame geɖewo le ameha la dome, siwo mekɔ wo ɖokui ŋu o la, eyata Lewi-viwo wu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsalãwo na amesiwo nu mekɔ o, ne woakɔ wo ŋu na Yehowa.


amesiame, si tsɔ eƒe dzi ɖo Mawu Yehowa, fofoawo ƒe Mawu didi ŋu, nenye be, mewɔe ɖe kɔkɔeƒe la ƒe kɔkɔenyenye nu o hã.


Miwu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lã la, eye mikɔ mia ɖokui ŋu, ne miadzrae ɖo na mia nɔviwo, ne woawɔ nu ɖe Mawu ƒe nya, si wògblɔ to Mose dzi la nu.


Eye ne aglotuɣiawo trɔ va kpe la, Hiob dɔa ame da woɖakɔa wo ŋu. Efɔna ŋdi kanya, eye wòsa numevɔ ɖe wo katã ƒe xexlẽme nu; elabena Hiob gblɔ be: Misela vinyewo wɔ nuvɔ̃, eye wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me hĩ. Alea Hiob wona ɣesiaɣi.


Woƒe dzidzeka de anyigba blibo la dzi, eye woƒe nuƒoƒo de xexeame ƒe mlɔenu ke; etsɔ wo wɔ agbadɔ na ɣe.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi dukɔ la gbɔ, eye nana be, woadzra wo ɖokui ɖo dzadzɛ egbe kple etsɔ, eye wòanya woƒe avɔwo,


Eye wògblɔ na dukɔ la bena: Misu te vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia dzi; amea ɖeke megado nyɔnu gbɔ o.


Eye nunɔla, siwo ate ɖe Yehowa ŋu hã, nawɔ wo ɖokui dzadzɛ, bena Yehowa magaɖe gbe ɖe wo dzi.


Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe! Miƒo ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã nu ƒu ɖe Yehowa, mia Mawu la ƒe me, eye mido ɣli na Yehowa!


Eye wogblɔ nɛ bena: Ese nusi ame siawo le gbɔgblɔm mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ẽ! Alo miexlẽe kpɔ bena: „Ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo o mahã?


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.


Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.


Tsi tre, nakɔ dukɔ la ŋu, eye gblɔ na wo bena: Mikɔ mia dokui ŋu hena etsɔ! Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Israel, busu le mia dome, eyata miate ŋu anɔ te de miaƒe futɔwo nu akpɔ o, vaseɖe esime miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.


Nya, siwo katã Mose gblɔ la, dometɔa ɖeke metsi anyi, si Yosua mexlẽ na Israel-ha blibo la, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple amedzro, siwo le wo dome la o.


Eɖo ŋu bena: Ŋutifafae! Vɔ sa ge meva na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋu, ne miava vɔsa la gbɔ kplim! Eye wòkɔ Isai kple viawo ŋu hekpe wo va vɔsa la gbɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa