Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 “Eya ta Yehowa be, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye azɔ, kple miaƒe dzi blibo. Miva kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa.’ ”

Onani mutuwo Koperani




Yoel 2:12
39 Mawu Ofanana  

Tete Dawid ƒe dzi lã kpo, esime wòxlẽ dukɔ la vɔ megbe, eye Dawid gblɔ na Yehowa bena: Mewɔ nuvɔ̃ ŋutɔ be, mewɔ nusia; eyata Yehowa, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa, elabena mewɔ lãnu ŋutɔ.


Eye duxɔlawo xɔ agbalẽawo le ha la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le Israel blibo la kple Yuda, eye wogblɔ le fia ƒe sedede nu bena Israel-viwo, mitrɔ ɖe Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu la ŋu, ne wòatrɔ ɖe miaƒe ame mamleawo, siwo gatso Asur-fia si me la ŋu!


ekema nasee le dziƒo, eye natsɔ wò dɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye nafia mɔ nyui, si dzi woazɔ la wo, eye nana tsi nadza ɖe wo anyigba, si nètsɔ na wo dukɔ wònye woƒe domenyinu la dzi!


Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Israel-viwo be: Dukɔ kɔ lialiatɔwo mienye, ne manɔ mia dome ayi kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã la, matsrɔ̃ mi. Eyata miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi, eya ko hafi manya, nusi mawɔ na mi.


Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata;


Kpɔ ɖa, dzrewɔwɔ kple avuwɔwɔ ta mietsi nu le dɔdɔm ɖo, eye be miada kɔ madzɔmadzɔ. Menye ɖe mietsi nu dɔ le ŋkeke mawo me, be woase miaƒe gbe le dzi o.


Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, eye mahaya mi tso miaƒe tatrawo me! Kpɔ ɖa, míeva gbɔwò, elabena wòenye Yehowa, mía Mawu!


Amea ɖe menya nu o woatsɔ kokoƒoƒo abɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, elabena dɔmedzoe kple dziku, si ŋu Yehowa ƒo nu le na dukɔ sia la teƒe mekɔ o.


Israel, Yehowa be: Ne èbe, yeatrɔ la, ekema trɔ ɖe ŋunye, eye ne èɖe wò ŋunyɔnuwo ɖa le ŋkunye me la, ekema màgatsa tsa glãla o!


Eye ne èta Yehowa ƒe agbe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me, eye ɖe eteƒe la, ekema dukɔwo atso wò ayra wo ɖokui, eye woatso wò aƒo adegbee!


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye. Israel ƒe aƒe, miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miehe, yewoaku ɖo?


Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko,


Yehowa enye Mawu Zebaot, Yehowa enye eŋkɔ.


Ke wò la trɔ de wò Mawu ŋu; dzra lɔlɔ̃ kple se la do, eye naɖo dzi de wò Mawu ŋu ɖaa!


Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.


Mi nunɔlawo, mibla ali dzi, ne miafa konyi! Mi vɔsamlekpui la subɔlawo, mifa avi! Miva miatsi akpanya me adɔ, mi, nye Mawu subɔlawo; elabena nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le mia Mawu ƒe me.


eye woabia nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, siwo le Yehowa Zebaot ƒe me la, agblɔ bena: Ɖe mafa avi atsi nu aɖɔ le dzinu atɔ̃lia me, abe alesi mewɔ ƒe geɖe xoxo enea?


Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?


Eyata miƒo koko na Mawu, ne wòave mia nu. Miawoe wɔnusla, ɖe miebuna be, agalɔ̃ miaƒe nyaa? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


ke boŋ megblɔe fia Damaskotɔwo gbã, kple amesiwo le Yerusalem kple Yudea nutometɔwo katã kpakple trɔ̃subɔlawo hã, bena woatrɔ le woƒe dzi me, eye ne woagbugbɔ ava Mawu gbɔ, ne woawɔ dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ.


Esi Yehowa ƒe dɔla gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, tete dukɔ la fa avi hoo;


Tete Israel-viwo katã kple aʋakɔ blibo la yi Betel ɖafa avi, eye wotsi Yehowa ŋku me le afima, wotsi nu dɔ gbemagbe vaseɖe fiẽ, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ lé Yehowa ŋku me.


Tete Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la bena. Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!


Tete wova kpe ta ɖe Mizpa, eye woku tsi ƒo ɖe anyi le Yehowa ŋku me hetsi nu dɔ gbemagbe, eye wogblɔ le afima bena: Miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Eye Samuel drɔ̃ ʋɔnu Israel le Mizpa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa