Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 1:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Gbemelãwo hã le xɔxlɔ̃m na wò, elabena toʋuwo mie, eye dzo bi lãnyiƒewo ƒe gbewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Gbemelãwo gɔ̃ hã le ɣli dom be nàxɔ na yewo, elabena tsi mie le tɔʋuwo me, dzo bi gbe siwo le lãnyiƒewo keŋ.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 1:20
9 Mawu Ofanana  

Ke le ŋkekea ɖewo megbe la tɔʋu la mie, elabena tsia ɖeke megale dzadzam le anyigba la dzi o.


Eye Axab gblɔ na Obadya bena: Yi ɖatsa le anyigba dzi le tsidzɔƒewo katã kple tɔʋuwo katã ŋu, ɖewohĩ míakpɔ gbe axɔ sɔwo kple tedzisɔwo ɖe agbe, be lãwo magatsrɔ̃ na mi o.


Ameka ɖaa nuɖuɖu na akpaviã, ne viawo le ɣli dom na Mawu, eye wole tsa glãla tsam nuɖuɖu makpɔmakpɔe?


Dzataviwo le xɔxlɔ̃m ɖe nuléle ŋu, eye wobiaa woƒe nuɖuɖu tso Mawu si me.


Ŋkuwo katã le asiwo nu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo ɖe enaɣi;


Eya, amesi na nuɖuɖu lãwo kple akpaviãvi, siwo le xɔxlɔ̃m.


Ŋukpe léa agbledelawo, eye wotsyɔa nu ta, elabena agbleawo gblẽ, le esi tsi megadza ɖe anyigba dzi o la.


Nyagblɔɖila, siwo do ŋgɔ na mía kple wò tsã la, wogblɔ aʋawɔwɔ, dzɔgbevɔ̃e kple dɔvɔ̃ ƒe nya ɖi ɖe anyigba geɖewo kple fiaɖuƒe gãwo ŋu.


Lãwo le xɔxlɔ̃m, eye nyihawo le tsa glãla tsam, elabena gbeɖuƒea ɖeke meli na wo o; nu ti kɔ na alẽhawo hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa