Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe! Miƒo ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã nu ƒu ɖe Yehowa, mia Mawu la ƒe me, eye mido ɣli na Yehowa!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. Miyɔ ame tsitsiwo kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 1:14
15 Mawu Ofanana  

Eye Yehu gblɔ bena: Miwo ŋkekenyuie ƒe takpekpe la kokoe na Baal! Tete woɖe gbe ƒã.


Eye Yuda blibo la tsi tre ɖe Yehowa ŋku me, keke woƒe vidzĩewo, wo srɔ̃wo kple woƒe viŋutsuwo ke hã le eme.


Exlẽ Mawu ƒe segbalẽ la gbesiagbe tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke mlɔetɔ̃ dzi. Woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre sɔŋ, eye ŋkeke enyilia nye takpegbe, abe alesi wònye kɔnui ene.


Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!


Yuda le nu xam, nu te eƒe agbowo ŋu, eye wole ahovɔ me bɔbɔ no anyigba; Yerusalem ƒe aƒadodo de dzi.


Le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe atɔ̃lia me le dzinu asiekelia dzi la wode gbe ƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋku me na dukɔ blibo, si le Yerusalem, kple dukɔ, siwo katã tso Yuda-duwo me va Yerusalem.


Mi amegã ɖeɖiwo, mise nya sia, eye mi anyigbadzitɔwo katã, miƒu to anyi! Ɖe esia tɔgbe dzɔ le mia ŋɔli alo le mia fofowo ŋɔli kpɔa?


Ŋkeke adre miasa dzovɔ na Yehowa. Ŋkeke enyilia nanye takpegbe kɔkɔe na mi, eye miasa dzovɔ na Yehowa; takpegbe wònye, miawɔ asinudɔa ɖeke o.


Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi.


ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti.


Mi dukɔ, si ŋu mekpena o, miƒo takpli, eye mido dɔgɔ̃e,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa