Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yesaya 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete Yehowa gblɔ na Yesaya bena: Mia kple viwò Sear-Yasub mido yi ɖakpe Axaz le dzigbeta la ƒe tɔʋu ƒe mlɔenu le avɔnyãla ƒe agblemɔ to,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Yehowa gblɔ na Yesaya be, “Wò kple viwò ŋutsu, Seya Yasub, mido go ne miakpe Ahaz le dzigbeta si le avɔnyala ƒe mɔdzi la ƒe nuwuƒe.

Onani mutuwo Koperani




Yesaya 7:3
14 Mawu Ofanana  

Eye Asur-fia ɖo Rabsake kple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖe fia Xizkiya le Yerusalem, eye wòdze aʋa ɖe dzigbeta ƒe tɔʋu to le avɔnyãla ƒe agblemɔ to.


Ke Asur-fia do Tartan, Rabsaris kple Rabsake kpakple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖo ɖe Yerusalem ɖe fia Xizkiya ŋu, eye woho heva Yerusalem. Esi woho va la, wotɔ ɖe dzigbeta, si le avɔnyãla ƒe agblenu dzi la, ƒe tɔʋu nu,


Ke Yesaya do ɣli ɖe Israel ŋuti bena: „Ne Israel-viwo ƒe xexlẽme asɔ gbɔ abe ƒutake ene la, woaɖe amesiwo susɔ la;


Eye ne akpa ewolia susɔ la, woagatsrɔ̃ eya hã ɖa; ke abe alesi ne wolã sesewu kple logoti, eye takpoea kpɔtɔna la, nenema ƒome kɔkɔe la anye takpoea.


Ale Yehowa gblɔ esi: Yi Yuda-fia ƒe me, eye nagblɔ nya siawo le afima be:


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.


Ame susɔeawo atrɔ. Yakob ƒe ame susɔeawo atrɔ ɖe Mawu ŋusẽtɔ la ŋu.


Xizkiya ŋutinya susɔea kple eƒe kalẽwɔwɔwo katã, alesi wòɖe ta kple tɔʋui, eye wòhe tsi va dua mee la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Yi Farao gbɔ ŋdi kanya: kpɔ ɖa, ayi to la nu, eye natsɔ atikplɔ, si zu da la, ɖe asi aɖado goe le Nil-tɔsisi la to.


Eyome Nexemya, Azbuk vi, amesi nye amegã le Bet-Zur-nutowo ƒe afã me la, ɖɔe ɖo vaseɖe Dawid ƒe yɔdowo kasa kple ta, si woɖe, kpakple kalẽtɔwo ƒe xɔ gbɔ.


Le Pekax, Remalya vi ƒe ƒe wuiadrelia me la Axaz, Yuda-fia Yotam ƒe vi, zu fia.


miexlẽ Yerusalem-xɔwo, eye miegbã xɔawo, be miatsɔ ali ke gliawoe.


Eye miede tsiʋe ɖe gli eveawo dome na ta xoxo la me tsiwo; ke mietrɔ kɔ ɖe amesi wɔe la ŋu o, eye mielé ŋku ɖe amesi wɔe tso gbaɖegbe ke la ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa