Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yesaya 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nyitsu nyaa etoa, eye tedzi nyaa eƒe aƒetɔ ƒe lãto; ke Israel menyae o, eye nye dukɔ melé ŋku ɖe eŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ, eye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe, ke Israel menyam o, eye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.”

Onani mutuwo Koperani




Yesaya 1:3
24 Mawu Ofanana  

Mi gegeme, siwo le dukɔ la dome, midze sii, eye mi bometsilawo, ɣekaɣi miadze nunya?


Nu vɔ̃ɖi wɔlawo mesea nu dzɔdzɔe wɔwɔ gɔme o, ke amesiwo dia Yehowa la, sea nuwo katã gɔme.


Wo kuviatɔ, yi anyidi gbɔ, kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, eye nadze nunya!


Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o.


Ekpɔ nu geɖe, ke mèlé wo ɖe ta me o; èke to, ke mèse nu o.


Womenyaa nu o, eye womedzea si nu o, elabena woƒe ŋku nye tre mele nu kpɔm o, eye woƒe dzi mele nu gɔme sem o.


Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.


Eyata woaɖe aboyo nye dukɔ le manyamanya me, woƒe ame ŋkutawo azu dɔwuitɔwo, eye tsikɔ awu woƒe amehawo ate wo ŋu.


Do le avũawo wum vevie, eye womenya ƒoɖiɖi o, lãkplɔvi, siwo mele ɖeke nyam o la, wonye; wo katã wòlé woƒe mɔ, eye wo dometɔ ɖesiaɖe le eƒe viɖe yome dim le goawo katã me.


Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunyanya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o.


Wo katã wodzɔ lã, eye wòzu bometsilawo; wohe to na legbawo, ati wonye.


Rexab vi Yonadab ƒe viwo wɔ wo fofo ƒe se, si wòɖe na wo la dzi, ke dukɔ sia meɖo tom o!


Elabena nye dukɔ dzɔ lã, womedze sim o; vi tsibomewo wonye, eye Womenya nu o; nunyalawo wonye le vɔ̃ɖiwɔwɔ me, ke nyuiwɔwɔ la, womedzea si eya o.


Alẽ tatrawoe nye nye dukɔ; wo kplɔviwo flu wo, eye wokplɔ wo tra yi towo dzii, wole tsatsam tso to dzi yi togbɛ dzi, eye woŋlɔ wo miaƒe be.


Damixe le dziƒo te hã nya eƒe azã, eye akpakpa, sagbadre kple tsalɛ dzea si woƒe gbɔgbɔɣi; ke nye dukɔ menya Yehowa ƒe ɖoɖowo o.


Aƒetɔ Yehowa be: Nu te wò dzi ŋu, esi nèwɔ nusiawo katã, abe alesi gbolo ŋukpenanuwɔla wona ene;


Israel blibo la da wò nufiamewo dzi, eye wòle de aga hegbe wò gbesese, eyata fiƒode kple atam, siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sea me la, va mía dzi, elabena míewɔ nuvɔ̃ de eŋu.


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa