Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Yehowa Zebaot be: Ƒome vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlea, siwo katã susɔ ɖe teƒe, siwo katã menyã wo ɖo ɖo la, alɔ̃ ku wu agbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Afi sia afi si manya wo aɖo ɖo la, dukɔ vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlɛawo adi ku wu agbe.’ ” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 8:3
22 Mawu Ofanana  

Eye wòzɔ ŋkeke ɖeka ƒe azɔli yi gbedzi heva bɔbɔ nɔ dzoŋgbalẽtia ɖe te, eye wòdi ku be, yeaku gblɔ bena: Esɔ gbɔ! Azɔ, Yehowa, xɔ nye luʋɔ, elabena nyemenye wu fofonyewo o.


Maƒo nye alẽ mamleawo nu ƒu atso anyigba, siwo katã dzi menya wo ɖo ɖa la dzi, eye magakplɔ wo ava woƒe gbeɖuƒe, eye wòadzi akeke ta.


ke boŋ yewota Yehowa, amesi kplɔ Israel ƒe aƒe la ƒe viwo tso anyiehe-nyigba kple anyigba, siwo katã dzi wònyã wo ɖo ɖa la dzi vɛ, ne woanɔ woƒe anyigba dzi la ƒe agbe.


Eye mana miakpɔm, Yehowa ye gblɔe. Magaɖo mi te, eye maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome kple teƒe, siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye makplɔ mi agbo va teƒe, si mena woɖe aboyo mi le, Yehowa ye gblɔe.


Elabena eɖo agbalẽ ɖe mi le Babel be: „Eteƒe adidi; eyata mitso aƒe mianɔ eme; mitɔ abɔ miaɖu eme kutsetse.“


Tete Yudatɔwo katã trɔ gbɔ tso teƒe, siwo katã wokaka hlẽ ɖo la, heva Yuda-nyigba dzi le Gedalya gbɔ le Mizpa, eye woƒo wein kple kutsetse nu ƒu kpaŋkpaŋ.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Miekpɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã mehe va Yerusalem kple Yuda-duwo katã dzi, eye kpɔ ɖa, wòzu aƒedowo egbe siawo, eye amea ɖeke mele wo me o,


Eyata nye dziku trɔ ƒo ɖe anyi, eye nye dɔmedzoe fiã Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo, ale be wòzu aƒedo kple gbegbe, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woaxa Israel ƒe ame susɔewo, abe alesi woxaa weintsetse mlɔeawoe ene; gado wò asi ɖa abe weingbledela ɖe kawo ŋu ene.


Aƒetɔ, tɔwò dzɔ, ke míawo kple Yuda-ŋutsuwo, Yerusalemtɔwo kple Israel blibo la, amesiwo le kpuiƒe kple didiƒe le anyigba, siwo katã dzi nenyã wo ɖo ɖo le ʋu, si wotrɔ le yowòme ta la, mía tɔe nye ŋukpe, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Mise Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe mi Israel-viwo, mi ƒome blibo, si wòkplɔ tso Egipte-nyigba dzi la ŋu:


Eyata Yehowa, xɔ nye agbe le asinye! Elabena enyo nam be, maku wu esi manɔ, agbe.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo tame vɔ̃ ɖe ƒome sia ŋu, miaɖe ta le eme o, eye miadzɔ kã anɔ yiyim o, elabena ɣeyiɣi vɔ̃ɖi wònye.


Ne nya siawo katã ava dzo ɖe dziwò, yayra kple fiƒode, tsiwo metsɔ ɖo ŋkuwò me, eye wode dzigbɔ na wò le dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, nyã wò ɖo ɖo,


Ne miekaka ɖase dziƒo seƒe ke hã, Yehowa aƒo mia nu ƒu tso afima, eye wòakplɔ mi tso afima.


eye wogblɔ na towo kple agawo bena: Mimu dze mia dzi, eye miɣla mi tso amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye tso alẽvi la ƒe dziku la nu; elabena eƒe dzikuŋkeke gã la ɖo, eye ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu mahã?


Eye le ŋkeke mawo me la amewo aɖi ku, eye womele ekpɔ ge o, eye woadi vevie be, yewoaku, eye ku asi le wo gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa