Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Miɖɔ miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo, ekema mana mianɔ teƒe sia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye mana mianɔ teƒe sia.

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 7:3
18 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.


Eyata miʋu mia ɖokui me na. Yehowa, mía Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye miklã mia ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo kple nyɔnu tutɔwo ŋu!


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.


ekema fiawo kple amegãwo, amesiwo abɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi la, aɖo tasiaɖamwo, eye woaɖo sewo age ɖe du sia ƒe agbowo me, woawo kple woƒe amegãwo. Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa, eye woanɔ du sia me tegbee.


Azɔ gblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe mia ŋu, eye meɖo ta me ɖe mia ŋu. Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mo vɔ̃wo dzi, eye miɖo miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo.


ke ne dukɔ ma trɔ tso eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, si ŋu meƒo nu le me la, ekema vɔ̃, si meɖo be, mawɔe la, avem.


Azɔ miɖo miaƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo ɖo, eye mise Yehowa, mia Mawu ƒe gbe; ekema vɔ̃, si Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu la, avee.


Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, miɖɔ miaƒe nuwɔnawo ɖo, eye migadze mawu tutɔwo yome, ne miasubɔ wo o; ekema mianɔ anyigba, si metsɔ na mia kple mia fofowo la dzi; ke mieƒu to anyi o, eye miegbe toɖoɖom.


Rexab vi Yonadab ƒe viwo wɔ wo fofo ƒe se, si wòɖe na wo la dzi, ke dukɔ sia meɖo tom o!


Israel, Yehowa be: Ne èbe, yeatrɔ la, ekema trɔ ɖe ŋunye, eye ne èɖe wò ŋunyɔnuwo ɖa le ŋkunye me la, ekema màgatsa tsa glãla o!


Ale Yehowa gblɔ esi: Miyi mowo dzi, miɖo ŋku anyi, eye mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Ke woawo ɖo ŋu be: Miele edzi to ge o.


Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa