Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo la me, eye naɖe gbe ƒã nya sia gblɔ bena: Mise Yehowa ƒe nya, mi Yuda blibo la, mi amesiwo vaa agbo sia me, be miade ta agu ɖe Yehowa ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia: “ ‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 7:2
38 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa gblɔ esi: Yi ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu, eye nagblɔ nya, siwo katã meto na wò be, nagblɔ na wo la, na Yuda-du, siwo katã va gbe do ge ɖa le Yehowa ƒe me; megana nyaa ɖeke nato le eme o.


Amesi ke to li nɛ la, nèse nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Azɔ se Yehowa ƒe nya! Egblɔ be: Megagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋu o, eye megadudu nyã ƒo ɖi ɖe Isak ƒe aƒe la ŋu o!


Mi Sodom-amegãwo, mise Yehowa ƒe nya, mi Gomora-dukɔ, miƒu to anyi ɖe mía Mawu ƒe nufiame ŋu!


Mi dukɔwo katã, misee, anyigba kple edzl nuwo, miƒu to anyi! Aƒetɔ Yehowa nye ɖasefo ɖe mia ŋu, Aƒetɔ la tso eƒe gbedoxɔ kɔ: kɔe la me!


Mi nunɔlawo, misee, Israel ƒe aƒe, ɖo ŋku anyi, eye mi fiaƒemetɔwe miƒu to anyi, elabena mia tɔe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la! Elabena miawoe nye mɔ̃ na Mizpa, eye miawoe nye ɖɔ woɖo ɖe Tabor dzi


Eye Yeremya gblɔ na dukɔ blibo la kple nyɔnuawo katã bena: Mi Yuda blibo, si le Egipte-nyigba dzi, mise Yehowa ƒe nya!


Eye Barux xlẽ Yeremya ƒe nyawo le agbalẽ la me de dukɔ blibo la ƒe towo me le agbalẽŋlɔla Gemarya, Safan vi ƒe xɔ me le xɔxɔnu dzigbeta le Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo yeyea nu.


Eyata yi naɖaxlẽ agbalẽ sia, Yehowa ƒe nya, siwo neŋlɔ tso nunye me la, ɖe dukɔ la ƒe to me le Yehowa ƒe me le nutsidɔgbe, eye naxlẽe ɖe Yuda blibo, si tso woƒe duwo me va la hã ƒe to me.


Ke Yuda-fia Zedekiya se Yehowa ƒe nya. Ale Yehowa gblɔ ɖe ŋuwò enye si: Yi mawu wò o;


Eye Yeremya gbɔ tso Tofet, afisi Yehowa ɖoe ɖo, be wòaɖagblɔ nya ɖi le la, etsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu hegblɔ na dukɔ blibo la bena:


Mi Israel ƒe aƒe, mise nya, si Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu!


Mi Yakob ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe ƒe ƒomeawo katã, mise Yehowa ƒe nya!


Eye wògblɔ bena: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.


Eye gbesiagbe womedzudzɔ nuhaha kple nyanyuiegbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.


Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Amesi to senu li nɛ la, nesee.


Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe ta-tɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu se la, eye mieglɔ̃a nu dzɔdzɔewo katã;


Eye megblɔ bena: Mi Yakob ƒe tatɔwo kple Israel ƒe aƒe me amegãwo, ɖe menye mlaƒe dɔ wònye be, miadze si se la oa?


Míaƒe afɔwo le tsitre ɖe wò agbowo me, Yerusalem!


Yi ɖaɖe gbe ƒã ɖe Yerusalem ƒe to me bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo ŋu wò ɖetugbime dɔmenyo kple wò ŋugbetɔnyenye ƒe lɔlɔ̃ na wò, esime nekplɔm ɖo to gbedadaƒo, to anyigba, si dzi womeƒãa nu ɖo o.


Gbe, si tso Yehowa gbɔ va na Yeremya la, enye si.


Tete Yehowa gblɔ nam be: Ɖe gbe ƒã nya siawo katã le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo bena: Mise nubabla sia ƒe nyawo, eye miwɔ wo dzi.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòtsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔm yi ɖada ɖe tagba, si yɔ fũ kple ameƒuwo.


Tete nyagblɔɖila Yeremya ɖo ŋu na nyagblɔɖila Xananya le nunɔlawo kple dukɔ blibo la, amesiwo tsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒea me la ŋku me


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa