Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Fɔ kɔ dzi ɖe to ƒeƒlewo ŋu, eye nakpɔ nu! Afikae womehede asi ŋuwò le o? Ede xa ɖe mɔ to na wo abe Arabiatɔwo le gbe dzi ene, eye nètsɔ wò ahasiwɔwɔ kple vɔ̃ɖiwɔwɔ do gu anyigba la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa. Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa? Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam. Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene. Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la.

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 3:2
22 Mawu Ofanana  

eɖe eƒe ahovɔwo ɖi, tsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋku me, eye wòtsyɔ avɔ blukɔɔ heva bɔbɔ nɔ Enaim-gbo, si le Titmnat-mɔ dzi la nu; elabena ekpɔ be, Sela tsi, gake wometsɔ ye nɛ, be wòaɖe o.


Esrɔ̃a, siwo nye fiasrɔ̃wo, le alafa adre, eye eƒe ahiãwo le alafa etɔ̃; eye srɔ̃awo trɔ eƒe dzi.


Eye fia la do gu nuxeƒe, siwo le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe le Amito la ƒe ɖusi gome, siwo Israel-fia Salomo tu na Zidontɔwo ƒe ŋunyɔnu Astartewo kple Moabitɔwo ƒe ŋunyɔnu Milkom.


Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.


E, ede xa ɖi abe adzodala ene, eye wole ame dzegowo dzim ɖe dzi le amegbetɔwo dome.


Eƒe mo nyrã, eye wòɖe ku eɖokui, eye eƒe afɔwo gbe be, yewomatɔ ɖe eƒe me o.


Nugblẽlawo va to ƒeƒlewo katã ta me te gbe dzi; elabena Yehowa ƒe yi le nu ɖum tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu; ŋutifafaa ɖeke meli na ŋutilãwo katã o.


Elabena tso gbaɖegbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò kawo gblɔ bena, yemasubɔ o. Elabena ènye ahasitɔ mlɔ togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã gɔme.


Aleke nagblɔ be, yemegblẽ ye ɖokui ŋu o, yemedze Baal yome o? Lé ŋku ɖe wò azɔlime ŋu le bali la me, eye nadze si nusi nèwɔ la, kposɔnɔ ɖidu, si le tsa glãla tsam le eƒe mɔ dzi la, nènye.


Eye mekplɔ mi va anyigba wɔnu dzi, be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo; ke miawo mieva hedo gu nye anyigba la, eye mietsɔ nye domenyinu la wɔ ŋunyɔnui.


Eye wògblɔ nam bena: Ne ŋutsua ɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu la gbɔa? Ɖe magblẽ kɔ ɖo na anyigba ma oa? Yehowa be: Ke wò la èwɔ amatre kple ahasitɔwo tso, hafi nèbe, yeatrɔ ɖe ŋunyea?


Yehowa be: Dze si wò vodada, elabena èto vo ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye netsa tsa glãla yi mawu tutɔwo gbɔ le ati damawo katã gɔme, eye miegbe nye gbe sese.


Wose ɣli le to ƒeƒle wo ta me, Israel-viwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒo, elabena woto mɔ gɔglɔ̃ dzi, eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be.


Eye wòva me be, wotsɔ woƒe ahasiwɔwɔ ƒe howɔwɔ gblẽ kɔ ɖo na anyigba la, eye wowɔ ahasi kple kpe kpakple ati.


Lũ wò taɖa natsɔ aƒu gbe, eye yi naɖato konyifaha le to ƒeƒlewo ta me, elabena Yehowa gbe ƒome, si le dɔmedzoe dom nɛ la, eye wònyã wo.


Etsɔ wò avɔwo dometɔa ɖewo wɔ nuxeƒe ŋɔŋɔewoe, eye nèwɔ gbolo le afima, nusi tɔgbe meva eme kpɔ o, eye mele eme va ge akpɔ o.


Esi mekplɔ wo va anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na wo la dzi, eye wokpɔ togbɛ kɔkɔ sia togbɛ kɔkɔ kple ati dodo sia ati dodo la, wosa woƒe akpedavɔwo le afima, eye wohe woƒe vɔsanu kudzinamewo va afima, wodo dzudzɔ ʋeʋẽe le afima, eye woƒo tsi ɖe anyi ɖe afima.


ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbesigbe wòdzii ene, mana wòasɔ kple gbegbe, wòaɖi kuɖinyigba, eye mana tsikɔ nawui wòaku o.


Eye le tsieƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu.


Migblẽ teƒe, siwo katã dukɔ, siwo mienyã la, subɔa woƒe mawuwo le, le to kɔkɔwo kple togbɛwo dzi kpakple ati damawo te.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa