Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 27:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye nade gbe wo si aɖo ɖe woƒe aƒetɔwo bena: Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la be: Ale miagblɔ na miaƒe aƒetɔwo enye si:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be,

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 27:4
8 Mawu Ofanana  

Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eyama nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ.


Eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mino aha miamu, eye miɖe xe, midze anyi, eye migafɔ o, le yi, si maɖo ɖe mia dome la ta.


Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eya nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ.


Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.


Emegbe Mose kple Aron woyi dagblɔ na Farao bena: Ale Yehowa. Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyuie nam le gbedzi!


Eye natsɔe de dɔla, siwo va Yuda-fia Zedekiya gbɔ le Yerusalem la si aɖo ɖe Edom-fia, Moab-fia, Amon-viwo ƒe fia, Tiro-fia kple Sidon-fia.


Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Gakɔkuti metsɔ de kɔ na dukɔ siawo katã, ne woanye Babel-fia Nebukadnezar te viwo, eye woasubɔe; gbemelãwo hãe metsɔ de asi nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa