Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 26:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ɖewohĩ woasee, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema vɔ̃, si meɖo be, mawɔ wo le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta la, avem.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ɖewohĩ woaɖo to eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi. Ekema maɖe asi, eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ ta la ava wo dzi o.’

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 26:3
15 Mawu Ofanana  

Esi Axab se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya, etsi nu dɔ, eye wòtsi akpanya me dɔ, eye wòle yiyim kpokpokpo.


Ele ekpɔm be, Axab bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le ŋkunye me la, eyata nyemana dzɔgbevɔ̃e la nava le eƒe agbe me ŋkekewo me o, ke boŋ mana dzɔgbevɔ̃e la nava eƒe aƒe dzi le via ƒe agbe me ŋkekewo me.


Azɔ miɖo miaƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo ɖo, eye mise Yehowa, mia Mawu ƒe gbe; ekema vɔ̃, si Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu la, avee.


Ɖe Yuda-fia Xizkiya kple Yuda blibo la wuia? Ɖe mevɔ̃ Yehowa boŋ, eye wòƒo koko na Yehowa, ale be vɔ̃, si Yehowa gblɔ ɖe wo ŋu la, vee oa? Eye ɖe miawo míahe vɔ̃ gã sia ava mia ɖokui dzia?


Amea ɖe menya nu o Yuda ƒe aƒe la ase vɔ̃, siwo katã meɖo be, mawɔ wo la, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, eye matsɔ woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ake wo.


Amea ɖe menya nu o woatsɔ kokoƒoƒo abɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, elabena dɔmedzoe kple dziku, si ŋu Yehowa ƒo nu le na dukɔ sia la teƒe mekɔ o.


Wò amevi, do mɔzɔgba, eye nadze mɔ le ŋkeke me le wo ŋku me, dze mɔ tso nɔwòƒe yi teƒe bubu le wo ŋku me, ɖewohĩ woakpɔe bena, ƒome sẽto yewonye.


Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna la me, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewoa nu dzodzoe kple nusi le eteƒe la, ana agbe, maku o.


Nyemawɔ nu le nye dɔmedzoe heliheli me o, eye nyemagagblẽ Efrayim azɔ o, elabena Mawu menye, eye menye amegbetɔ o, kɔkɔelɔ menye le dowòme, eye nyemava le dziku me o.


Amea ɖe menya nu o, avee, eye wòatrɔ adzo ahagblẽ yayra ɖe megbe, ne woatsɔ asa nuɖuvɔ kple nunovɔ na Yehowa, mia Mawu la.


Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Oo, Yehowa, esia ŋu pɛ mebu, esime mele mía de; eyata medo ŋgɔ be, masi ayi Tarsis; elabena menyae be, Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nenye, egbɔa dzi ɖi blewu, dɔmenyo bɔ ɖe asiwò, eye vɔ̃wɔwɔ vea wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa