Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 emegbe le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ŋɔli ɖaseɖe Yuda-fia Zedekiya, Yosiya vi ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe nuwuwu, vaseɖe esime woɖe aboyo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Egblɔ nya ɖi le Yehoyakim, Yosia ƒe vi, Yuda fia ƒe ɣeyiɣiwo me hã va se ɖe Yuda fia, Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Ɣe ma ɣie wokplɔ Yerusalem nɔlawo yi aboyo mee.

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 1:3
19 Mawu Ofanana  

Eye Farao Nexo tsɔ Elyakim, Yosiya vi, ɖo fia ɖe fofoa Yosiya teƒe hetrɔ ŋkɔ nɛ be Yoyakim; ke èkplɔ Yoaxaz yi Egipte, afisi woku ɖo.


Eye Babel-fia tsɔ etɔɖia Matanya ɖo fia ɖe eteƒe hetrɔ ŋkɔ nɛ bena Zedekiya.


Yosiya viwo nye: ŋgɔgbea nye Yoxanan, evelia nye Yoyakim, etɔ̃lia nye Zedekiya, enelia nye Salum.


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be:


Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, esime Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la, anyigba dzi fiaɖuƒe, siwo katã nye eteviwo, kple dukɔwo katã lé aʋa wɔm kple Yerusalem kpakple eƒe duwo katã la, enye si:


Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ŋɔli la, enye si:


Tsɔ agbalẽ naŋlɔ nya, siwo katã megblɔ na wò ɖe Israel kple Yuda kpakple dukɔwo katã ŋu tso esime mede asi nuƒoƒo me kpli wò tso Yosiya ŋɔli vaseɖe egbe la, ɖe eme.


eye wogbã du la le Zedekiya ƒe ƒe wuiɖekɛlia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke asiekelia dzi.


Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?


Ale Yehowa Zebaot gblɔ asi: Nutsitsidɔ le dzinu enelia kple etɔ̃lia dzi, le dzinu adrelia kple ewolia dzi azu dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyatsotso kpakple ŋkekenyuie na Yuda ƒe ale la; ke milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa