Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eya gbɔ Yehowa ƒe gbe va le Yuda-fia Yosiya, Amon vi ŋɔli le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Yehowa ƒe nya va nɛ le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me.

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 1:2
18 Mawu Ofanana  

Eye wòdo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ta le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Vɔsamlekpui, vɔsamlekpui! Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, wole ŋutsuvia ɖe dzi ge na Dawid ƒe aƒe la, si ŋkɔ anye Yosiya, eya awu nuxeƒe ƒe nunɔlawo ɖe dziwò, amesiwo doa dzudzɔ le dziwò, eye wòatɔ dzo ameƒuwo ɖe dziwò.


Esime wole kplɔ̃ ŋu la, Yehowa ƒe gbe va nyagblɔɖila, si ɖatrɔe vɛ la gbɔ,


Eye Manase mia fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ, si nye Uza ƒe abɔ la me, eye via Amon zu fia ɖe eteƒe.


Tete dukɔ hahoo la wu amesiwo katã ɖo nugbe ɖe fia Amon ŋu la, eye dukɔ hahoo la tso via Yosiya ɖo fia ɖe eteƒe.


Eye wòva me le fia Yosiya ƒe ƒe wuienyilia me be, fia la ɖo Mesulam vi Azalya ƒe vi Safan, amesi nye agbalẽŋlɔla, ɖo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me gblɔ bena:


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena Yeremya, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu bena: Aɖatsigoti kpɔm mele


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be:


Yehowa ƒe gbe va nam tso Yuda-fia Yosiya, Amon vi ƒe ƒe wuietɔ̃lia dzi vaseɖe egbe, ƒe blave vo etɔ̃ sɔŋ nye esi, eye meƒo nu kpli mi ɖaa atraɖi; ke mieɖo to o.


Tete Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, le esime nyagblɔɖila Xananya ŋe kɔkuti le nyagblɔɖila Yeremya ƒe ko megbe bena:


Eye Yehowa gblɔ nam le fia Yosiya ŋɔli bena: Ekpɔ nusi Israel dzeaglã la wɔa? Eyi to kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo gɔme, eye wòwɔ ahasi le afima.


Tsɔ agbalẽ naŋlɔ nya, siwo katã megblɔ na wò ɖe Israel kple Yuda kpakple dukɔwo katã ŋu tso esime mede asi nuƒoƒo me kpli wò tso Yosiya ŋɔli vaseɖe egbe la, ɖe eme.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Yoel, Petuel vi.


Eye Yehowa ƒe gbe va na Yona, Amitai vi, bena:


Esia nye Yehowa ƒe nya, si va na Mixa, Moresitɔ la, eye wò-kpɔ ɖe Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Zefanya, Kus, amesi nye Xizkiya vi Amarya ƒe vi Gedalya ƒe vi la, le Yuda-fia Yosiya, Amon vi la ŋɔli.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa