Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Xilkiya, amesi tso nunɔlawo dome le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒe vi Yeremya ƒe nyawo enye si;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esiawoe nye Yeremia, Hilkia ƒe vi ƒe nyawo. Hilkia nye Nunɔla siwo nɔ Anatɔt le Benyaminyigba dzi la dometɔ ɖeka.

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 1:1
23 Mawu Ofanana  

Eye ha la gblɔ na nunɔla Abyatar bena: Yi wò agble le Anatot, elabena edze ku Ke nyemele wuwo ge egbe sia o, elabena wòe tso Aƒetɔ Yehowa ƒe aɖaka la nɔ fofonye Dawid ŋgɔ, eye nèkpe tu dzẽa fu yia, si fofonye kpe.


Xukok kple eŋu lãnyiƒe kpakple Rexob kple eŋu lãnyiƒe.


Eye Yeremya kpa konyifaha le Yosiya ŋu, eye hadzilaŋutsuwo kple hadzilanyɔnuwo katã dzi Yosiya le woƒe konyifahawo me, eye wòzu kɔnu na Israel vaseɖe egbe; kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe konyifahawo me.


Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me, eye mebɔbɔ eɖokui na nyagblɔɖila Yeremya, amesi do Yehowa ƒe numegbe la o.


bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.


Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la — ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa nya Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena;


Anatot-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka kple blave vɔ enyi,


Esia nye ŋutega, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Galim-nyɔnuvi ɖo boboe; Laisa ƒu to anyi; nublanuitɔ enye Anatot!


Nya, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu la enye si:


Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Anatot-ŋutsu, siwo le wò ku dim le gbɔgblɔm be: Megagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ne míaƒe asi magawu wò o la, enye si.


Nukaŋuti mèxe ma na Yeremya, Anatotitɔ, amesi le nya gblɔm ɖi na mi la oa?


Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, enye si;


Yeremya do tso Yerusalem, be yeayi Benyamin-nyigba dzi, ne yeaxɔ yeƒe gome ɖe yeƒe dukɔ dome.


Yehowa ƒe gbe va na Xezekiel, nunɔla Buzi vi, le Kebar-tɔsisi la nu le Kaldea-nyigba dzi, eye Yehowa ƒe asi va edzi le afima.


le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la nye Daniel melé ŋku ɖe agbalẽwo me ɖe ƒe, siwo ŋu Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Yeremya ɖo be, woanye ƒe blaadre ayi ɖe Yerusalem ƒe aƒedo ŋu la ƒe xexlẽme ŋu.


Esia nye Amos, amesi tso alẽnyilawo dome le Tekoa la ƒe nya, si wòkpɔ ɖe Israel ŋu ƒe eve ɖo ŋgɔ na anyigbaʋuʋu le Yuda-fia Uziya ŋɔli kple Israel-fia Yerobeam, Yoas-vi ŋɔli la.


Tete Amazya, amesi nye nunɔla le Betel la, dɔ ame ɖo ɖe Israel-fia Yerobeam, ne woagblɔ nɛ bena: Amos ɖo gbe ɖi ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe la dome; anyigba la magaɖo dzi atso eƒe nyawo katã o.


Eye woawo gblɔ bena: Ɖewo bena, Yohanes mawutsidetanamelae, ke bubuwo bena, Elia ye, eye amea ɖewo hã gblɔ bena, Yeremya, alo nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.


Ale wowu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖila Yeremya dzi la nu bena:


Ale wowu nya, si nyagblɔɖila Yeremya gblɔ ɖi la nu bena: „Eye wotsɔ klosalo blaetɔ̃, si enye amesi ŋu Israel-via ɖewo do asi ɖo la, ƒe tanu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa