Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Miebu fɔ ame dzɔdzɔe la, eye miewui, eye metsi tre ɖe mia ŋuti o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Miebu fɔ amewo, eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tsitre ɖe mia ŋu o la.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 5:6
24 Mawu Ofanana  

Amesiwo xɔa zãnu hetsona na ame vɔ̃ɖiwo, eye wodaa adzo nya dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔewo si.


Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o.


Ke esi agbledelawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Domenyila enye esi; miva, ne miawui, ne míaxɔ eƒe domenyinyi.


Ke nunɔlagãwo kple amegãwo ƒoe ɖe amehawo nu bena, woabia Baraba, eye woawu Yesu.


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋuti o; ke boŋ amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekeme hã nɛ;


Eye wògblɔ bena: Mía fofowo ƒe Mawu la ɖo wò be, nanya eƒe lɔlɔ̃nu, nakpɔ dzɔdzɔetɔ la, eye nase eƒe numegbe;


Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


Eye nya, si xlẽm wòle la, enye esi: „Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge, eye alesi alẽ zia kpi le amesi le fu sẽm nɛ la ƒe ŋku me la, nenema ke eya hã meke eƒe nu o.


ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.“


Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


Miedzroa nu, eye miekpɔnɛ o; miewua ame, eye mieʋãa ŋu, eye miaƒe asi metea ŋu sua nu dzi o; miewɔa dzre, eye miewɔa aʋa; miate ŋu akpɔ naneke o; elabena miebiana o.


Eye nenye bebli hafi woaxɔ ame dzɔdzɔe la, afika ame mavɔ̃mawu kple nuvɔ̃wɔla lado ɖo mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa