Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle atrɔ zu ɖaseɖiɖi na mi, eye woaɖu miaƒe lãme keŋ abe dzo ene. Mieƒo nu nyuiwo nu ƒu le nuwuwu ŋkekeawo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle sia nye ɖaseɖiɖi si tsi tsitre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 5:3
19 Mawu Ofanana  

Eye Laban gblɔ bena: Kpekɔ sia enye ɖase le mia kple wò dome egbe. Eyata wona ŋkɔe bena Galed kple Mizpa,


Kpekɔ sia kple dzesikpe la anye ɖase Nyemekpɔ mo ato kpekɔ sia kple dzesikpe sia ŋu ava gbɔwo o, eye wò hã mekpe mo aɖo tame vɔ̃ ato kpekɔ sia kple dzesikpe sia ŋu ava gbɔnye o!


Eye Yakob ya viawo gblɔ bena: Miƒo ƒu, ne magblɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe mia dzi le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la afia mi!


Elém, esia nye ɖase; eye nye ƒuɖiɖi tsi tre ɖe ŋunye hele ɖase ɖim ɖe mo nam kaŋ.


Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.


Mana woaɖu woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ƒe lã, eye amesiame naɖu ehavi ƒe lã le toɖeɖe kple xaxa, siwo woƒe futɔwo kple amesiwo le woƒe ku dim la, kplɔ ƒu wo la me.


Mi amesiwo ɖua nye ɖukɔ ƒe lã, miefloa agbalẽ lewo ŋu, eye miegbãa woƒe ƒuwo; mieflia wo dea ze abe lã ene, eye abe lã le kutu me ene.


Eye wòava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta aghɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu.


„Eye ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo, eye miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.


Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la,


eye woƒe nya la keke ɖe dzi abe abi vɔ̃ ene, amesiwo dome Himenaio kple Fileto wole,


Tete Yosua gblɔ na dukɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, kpe sia nye ɖase na mi, elabena ese nya, siwo katã Yehowa gblɔ na mi la, eye wòanye ɖase na mi, ne miagasẽ nu le mia Mawu la ŋu o.


Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu,


Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.


Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa