Elabena agbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye tsiƒomee aɖu wo abe kuntru ene; ke nye dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ dzidzimewo katã me.
Amesi ƒo kesinɔnu nu ƒu, ke menye to dzɔdzɔenyenye mɔ dzi o la, ele abe tegli, si ƒo vi, gake menye eya ŋutɔe ɖa azi la o la ene; agblẽe ɖi le eƒe agbenɔnɔ titina, eye le nuwuwu me la azu bometsila.
Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.