Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Miedzroa nu, eye miekpɔnɛ o; miewua ame, eye mieʋãa ŋu, eye miaƒe asi metea ŋu sua nu dzi o; miewɔa dzre, eye miewɔa aʋa; miate ŋu akpɔ naneke o; elabena miebiana o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Miedia nu, gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre, eye miewɔa avu hã, gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 4:2
14 Mawu Ofanana  

Egblɔ nɛ bena: Elabena meƒo nu kple Yezreeltɔ Nabot gblɔ nɛ bena: Tsɔ wò weingble nam, ne maƒle, alo ne èlɔ̃ la, matsɔ weingble bubu aɖo eteƒe na wò; ke eɖo ŋu bena: Nyematsɔ nye weingble na wò o.


Alea wòanɔ na amesiwo katã le viɖe madzɔmadzɔ yome tim lae; aɖe ekpɔlawo ƒe agbe ɖa.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Tete Axaz gblɔ bena: Nyema-biae o, ne nyemahayi Yehowa te ge akpɔ o.


Wein la, ameflulae, ŋutsu adegbeƒola manɔ anyi aɖe dzi ɖi akpɔ o, eyama keeƒé nu abe tsieƒe ene, eye nu meɖia ƒo na o abe sãɖagatsi ene, eƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eɖokui gbɔ, eye wòlɔ anyigba ɖzi dukɔwo katã li kɔe ɖe eɖokui gbɔ.


Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Ɖe nènya Mawu ƒe nunana la kple amesi nye amesi gblɔ na wò bena: Na ɖem mano la, ne wò boŋ àbiae, eye wòana agbetsi wò.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Miebu fɔ ame dzɔdzɔe la, eye miewui, eye metsi tre ɖe mia ŋuti o.


Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa