Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!
Elabena Babel-fia ava tɔ de mɔdzevee nu le mɔawo kple eve ƒe godoƒe, be wòaka afã, adzobo aŋutrɔwo, abla gbe aklama kpakpɛwo ase, eye wòaɖe ŋku de lãklã ŋu.
Mele egblɔm na mi bena: Amesia la wotso afia nɛ, eye wòtre aƒemeyiyi na ame keme; elabena amesiame, si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi; ke amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.