18 Ke woƒãa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse le ŋutifafa me na amesiwo wɔa ŋutifafa.
18 Ŋutifafame siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse.
Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.
Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke amesi ƒãa dzɔdzɔenyenye la, akpɔ fetu vavã.
Amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi; ke ame dzɔdzɔewo ade ama abe aŋgba ene.
Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse enye agbeti, eye nunyala xɔa dziwo na eɖokui.
Miƒã dzɔdzɔenyenye, eye mixa nu kple lɔlɔ̃; mide agble yeye, elabena azã ɖo be, míadi Yehowa, vaseɖe esime wòava, eye wòana dzɔdzɔenyenye nadza ɖe mía dzi.
Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa
Woayra amesiwo léa avu la; elabena woayɔ wo be mawuviwo.
Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ.
Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.
bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.
Ke le fifi ɣeyiɣi me la miebua tohehe kalẽ dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.
elabena ame ƒe dziku mewɔa Mawu ƒe nu dzɔdzɔe o.