7 Ɖe menye woawo kee gblɔa busunya ɖe ŋkɔ nyui, si wotsɔ yɔ mi la ŋuti o mahã?
7 Ɖe menye woawoe le ɖi ƒom ame si ŋu bubuŋkɔ le, ame si tɔ mienye la oa?
Eɖo ɖeɖe ɖe eƒe dukɔ, eye wòɖo eƒe nubabla anyi tegbee; eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye ŋɔdzi le eŋu.
Wò ami le ya ɖem nyuie; wo ŋkɔ le abe ami, si wowu ene, eyata ɖetugbiwo lɔ̃a wo nya ɖo.
amesiwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ do, amesiwo mewɔ hena nye bubu, memè wo, eye mewo wo.
Eye miagblẽ miaƒe ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo woatsɔ ado ɖiŋui be: „Alea Yehowa nawu wòe!“ Ke ayɔ ŋkɔ yeye na eƒe dɔlawo ya,
Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.
Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.
„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“
Ke esi farisitɔwo see la, wogblɔ bena: Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o.
Aƒetɔ, mieɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre.
Eye wòva me bena, ƒe blibo ɖeka woƒo ƒu le hame la me, eye wofia nu ameha gãa ɖe, eye bena Antioxia woyɔ nusrɔ̃lawo le gbã be kristotɔwo.
bena amewo ƒe susɔe kple dukɔ, siwo katã dzi woyɔ nye ŋkɔ do la, nadi Aƒetɔ la yome mɔ, Aƒetɔ la gblɔe, amesi le nusiawo, siwo
Eye mese ŋuta le wo ŋu enuenu le ƒuƒoƒeawo katã, eye mezia wo dzi, bena woagblɔ busunya, eye esi meku tsu gɔ̃ hã ɖe wo ŋuti la, metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.
Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.
amesi gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ,
nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.
ke ne amea ɖe kpe fu abe kristotɔ ene la, megakpe ŋu ne o, ke nekafu Mawu le nya sia me boŋ.
eye wòdo awua de, si ŋu wohlẽ ʋu do, eye woyɔ eƒe ŋkɔ be Mawu ƒe nya.
Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!