Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 2:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Elabena abe alesi ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Ale si ŋutilã gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔmee hã nye nu kuku.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 2:26
11 Mawu Ofanana  

Ne èɣla wò ŋku me la, woluluna; ne èɖe woƒe gbɔgbɔ ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me.


Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.


hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.


Eyata miɖe asi le amegbetɔ, si ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ le la ƒe nya me, elabena nukata gɔ̃ woabui ɖo?


Eye esi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe la, egblɔ bena: Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de; ke esi wògblɔ esia la, etsɔ gbɔgbɔ la na.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Nɔvinyewo, ne amea ɖe gblɔ be, xɔse le ye si, ke dɔwɔwɔwo mele esi o la, viɖe ka wònye mahã? Ɖe xɔse ma ate ŋu axɔe ɖe agbe mahã?


Nenema ke xɔse hã, ne dɔwɔwɔwo mele eŋu o la, enye nu kuku le eɖokui me.


Ke, wò ame gbɔlo, ɖe nèle didim be, yeanyae bena, xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ la enye nu kuku mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa