Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 2:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Nenema ke Raxab, gbolo la hã, ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia nɛ, le esi wòxɔ ame dɔdɔwo, eye wòna woto mɔ bubu dzo la ŋuti o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Nenema ke, ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ, eye wòna woto mɔ bubu dzo oa?

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 2:25
15 Mawu Ofanana  

Salmon kpakple Raxab wodzi Boaz, Boaz kpakple Rut wodzi Obed, eye Obed dzi Isai;


Ame eve siawo dometɔ kae wo fofoa ƒe lɔlɔ̃nu mahã? Wogblɔ bena: Gbãtɔ lae. Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo tre mawufiaɖuƒe la me yiyi na mi.


woawo Yason xɔ ɖe eƒe me; eye amesiawo katã woda kaisaro ƒe seawo dzi, le esime wogblɔ bena, ame bubue nye fia, eyae nye Yesu.


Le xɔse me Raxab, gbolo la, metsrɔ̃ kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o, le esi wòxɔ ŋkutsalawo le ŋutifafa me la ta.


Ke amea ɖe lagblɔ bena: Wò la xɔse le asiwò, eye nye la dɔwɔwɔwo le asinye. Fia wò xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ lam, eye nye hã mafia nye xɔse wò to nye dɔwɔwɔwo me.


Ekpɔ bena, xɔse wɔ dɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, eye wotsɔ dɔwɔwɔwo wɔ xɔse la blibo.


Miekpɔ bena, wotsɔ dɔwɔwɔwo tso afia na ame, eye menye xɔse ɖeɖekoe o.


Eye Yosua, Nun vi, ɖɔ ŋutsu eve le adza me tso Sitim, be woaɖatsa ŋku, gblɔ bena: Miyi ɖakpɔ anyigba la kple Yerixo ɖa! Tete woyi, eye wova dze gboloa ɖe, si ŋkɔ nye Raxab la ƒe me, eye wotsi afima dɔ.


Tete wòtsɔ atagbi ɖiɖi wo to eƒe xɔ, si le dua ƒe gli ŋu la, ƒe fesre nu ɖe anyi; elabena eƒe aƒe le glia dzi.


Eye wògblɔ na wo bena: Miɖo ta toawo dzi, ne mia yometilawo magaɖo go mi o, eye miɣla mia ɖokui ɖe afima ŋkeke etɔ̃, vaseɖe esime mia yometilawo atrɔ, emegbe hafi mialé miaƒe mɔ.


Ke nyɔnu la tsɔ ŋutsu eveawo ɣla, eye wògblɔ bena: Ele me be, ŋutsuawo nya va gbɔnye, gake nyemenya afisi wotso o.


Evɔ wònye èkplɔ wo ɖaɣla ɖe xɔta ɖe ɖetifu, siwo wosia ɖe xɔta me hafi


Mitsrɔ̃ du la kple nusiwo katã le eme gbidigbidi na Yehowa; negbe Raxab, gbolo la, kple amesiwo katã le eƒe me ko miaxɔ de agbe, elabena eyae tsɔ amesiwo míedɔ la ɣla.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa