Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke amea ɖe lagblɔ bena: Wò la xɔse le asiwò, eye nye la dɔwɔwɔwo le asinye. Fia wò xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ lam, eye nye hã mafia nye xɔse wò to nye dɔwɔwɔwo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 2:18
20 Mawu Ofanana  

Ke amesi le ɖi kem, ne eɖui la, wobu fɔe, elabena èwɔ nusi metso xɔse me o; ke nusianu, si metso xɔse me o la, nuvɔ̃ wònye.


Eyata míebuna bena, wotsoa afia na ame to xɔse me, se la ƒe dɔwɔwɔwo manɔmee.


abe alesi Dawid hã gblɔ yayranya na amesi Mawu bua dzɔdzɔenyenye na dɔwɔwɔwo manɔsii la ene bena:


Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu


Azɔ la nèle gbɔgblɔ ge nam bena: Nukaŋuti wògahea nya? Elabena ameka ate ŋu atsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti mahã?


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le do nyui wɔwɔwo me, megabaɖa nufiafia la o, lé ɖokuiwò nyuie,


Le xɔse me Raxab, gbolo la, metsrɔ̃ kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o, le esi wòxɔ ŋkutsalawo le ŋutifafa me la ta.


amesiwo ɖu fiaɖuƒewo dzi to xɔse me, wowɔ dzɔdzɔenyenyedɔwo, woxɔ ŋugbedodowo, womiã nu na dzatawo,


Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.


Nɔvinyewo, ne amea ɖe gblɔ be, xɔse le ye si, ke dɔwɔwɔwo mele esi o la, viɖe ka wònye mahã? Ɖe xɔse ma ate ŋu axɔe ɖe agbe mahã?


Amekae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome mahã? Eya netsɔ agbenɔnɔ nyui fia eƒe dɔwɔwɔwo le nunya ƒe dɔmefafa me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa