Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 2:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 2:13
26 Mawu Ofanana  

Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Nyateƒe, mia nɔvi lae nu sia va mía dzi ɖo, elabena esi miekpɔ, alesi dzidzi ƒoe, eye wòƒo koko nam: la, mieɖo tokui! Eyata mieɖo xaxa sia me ɖo.


Eyata miɖo tom, eye nugbugbɔ aboyome, siwo mieɖakplɔ tso mia nɔviwo gbɔ la na, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe le mia ŋu.


Ale Yehowa ɖo eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye kple nye asi dzadzɛ, siwo le eŋku me la ta.


Nyateƒe, eƒe xɔname tsɔ ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ne bubu nanɔ míaƒe anyigba ŋu.


Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.


Ne wote ame dahe ɖe anyi la, eƒe nuwo ko wobe, nedzi ɖe edzi; ke ne wona nu kesinɔtɔ la, ahedada wònye wokplɔ ƒui.


Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, esi mahe to na aʋatsotsotɔwo kple bolotɔwo katã:


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye. Israel ƒe aƒe, miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miehe, yewoaku ɖo?


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Woayra amesiwo le nublanui kpam na amewo la: elabena woawoe woakpɔ nublanui na.


Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.


Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.


Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu;


Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o


Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me.


Tete Adoni-Bezek gblɔ bena: Fia blaadre, siwo wolã asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo na la, faa nu wuwlui le nye kplɔ te ɖuna; alesi mewo la, eya teƒe Mawu ɖo teƒe nam. Eye wokplɔe yi Yerusalem, afisi woku ɖo.


Etsra ɖe eƒe afɔ nu wɔɔ, eƒe afɔ nu wòtsra ɖo, eye afisi wòtsra ɖo la, afima woku ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa