Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena amesi ke alé se blibo la me ɖe asi, ke woada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã dzi,

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 2:10
8 Mawu Ofanana  

Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.


Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“


Ke megale ɖase ɖim na amesiame, si na wotso aʋa nɛ la be, ele ne wòawɔ se blibo la katã dzi.


Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o.


Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa