eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke axa ɖevi sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke axɔm la, exɔ amesi dom la; elabena amesi ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gatɔ.
Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii.
abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.
Ne nɔviwòwo dometɔa ɖe da ahe le wò dua ɖe me le wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasẽ wò dzime, eye namiã asi ɖe noviwò dahe la o;
Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.
Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,