Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 ŋutsu dzimevesusula melina sesĩe le eƒe mɔwo katã dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 elabena enye dzi eve me susula, eye meli ke le nu siwo katã wòwɔna la me o.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 1:8
13 Mawu Ofanana  

Tete Eliya te ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ bena: Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adza evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome! Ke dukɔ la meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Wova Yehowa, eye wogasubɔ woƒe mawuwo le dukɔ, siwo dome wokplɔ wo tsoe la ƒe kɔnuwo nu.


Ale dukɔ siawo vɔ̃ Yehowa, eye wosubɔ woƒe legbawo hã; wo viwo kple wo tɔgbuiyɔviwo le alea wɔm vaseɖe egbe abe wo fofowo ene.


Melé fu adzɔveeɖulawo, ke melɔ̃a wò se la.


Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la,


Woƒe dzi dze eve, eyata woakpɔe ɖe enu; agbã woƒe vɔsamlekpuiwo, eye wòagblẽ woƒe legbawo.


Ame blibo la ƒe akaɖi enye ŋku; ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ.


Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.


Elabena ame kema nagasusu be, yeakpɔ nane atso Aƒetɔ la gbɔ o;


Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye.


abe alesi wòƒo nu le nusiawo ŋuti le eƒe agbalẽwo katã me la ene, esiwo me nyaa ɖewo ƒe gɔmesese nye ɖo la le, nya, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo trɔna, abe alesi wowɔa ŋɔŋlɔ bubuawo hã hena woa ŋutɔwo ƒe gbegblẽ la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa