Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke meɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖia ɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Gake ne ebia la, ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikeke manɔmee, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 1:6
14 Mawu Ofanana  

Ele fiefiẽm abe tsi ene, maganye gbãtɔ akpɔ o, elabena ede fofowò ƒe aba dzi, eye nedo ŋunyɔe gbemagbe, ẽ, nye aba dzie nede!


Eye Petro xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, nenye wòe la, na bena, mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.


Eyata tsi tre, ne naɖi, eye nayi kpli wo, eye megake ɖia ɖeke o, elabena nyee dɔ wo.


bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


mina míalé mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu ɖe asi sesĩe, bene magaʋã o; elabena amesi na ŋugbedodo la, enye nuteƒewɔla;


Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


Elabena ame kema nagasusu be, yeakpɔ nane atso Aƒetɔ la gbɔ o;


Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.


Amesiwo nye tsivudo, siwo me tsi mele o, kple alilikpo, siwo ahom ƒona yina gbɔna, amesiwo wodzra viviti tsiɖitsiɖi la ɖo ɖi na yi ɖe mavɔmavɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa