Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 1:3
15 Mawu Ofanana  

Le miaƒe dzigbɔɖanyi me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.


Elabena nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene miatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ nukpɔkpɔ.


Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo;


Ke ne míele mɔ kpɔm na nusi míekpɔna kple ŋku o la, míele elalam le dzidodo me.


Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.


Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí,


eye miatsi le sidzedze Mawu me, eye wòado ŋusẽ mi kple ŋusẽ katã lé eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu hena dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu katã;


ale bena mia ŋutɔwo míeƒoa adegbe le mia ta le Mawu ƒe hameawo me le miaƒe dzidodo kple miaƒe xɔse, si le mia si le miaƒe yometitiwo kple xaxa, siwo miekpɔna me la ŋuti;


Ke Aƒetɔ la atrɔ miaƒe dziwo aɖo ta Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Kristo ƒe dzidodo la gbɔ.


Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la.


Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,


bene míagazu kuviatɔwo o; ke boŋ mizu amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo.


bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me;


eye le sidzedze me la ɖokuidziɖuɖu, eye le ɖokuidziɖuɖu me la dzidodo, eye le dzidodo me la mawusosroɖa,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa