20 elabena ame ƒe dziku mewɔa Mawu ƒe nu dzɔdzɔe o.
20 elabena ame ƒe dɔmedzoe mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o.
Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.
Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;