Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,
Elabena gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo.
Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!