Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena ɣe dzena kple ŋdɔbibi, eye wònana gbe la ƒuna, eye eƒe seƒoƒo laduduna, eye eƒe nɔnɔme nyui la gblẽna: Nenema ke kesinɔtɔ hã le yɔyrɔ ge le eƒe zɔzɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Elabena ɣe dzena, eye ɣe la ƒe ŋusẽ nana gbe yrɔna, eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua eƒe nyonyo. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 1:11
27 Mawu Ofanana  

Dzidzi ƒo amedzroviawo, eye woƒe lãme tu, wodo tso woƒe mɔwo me.


le wò dɔmedzoe kple wò dziku la ta, elabena ède asi tanye xlã ɖe anyi.


Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe adzudzɔ ene, eye nye ƒuwo biã hẽ abe dzo ene.


Amegbetɔ ƒe agbe la gbe wònye, eƒoa se abe seƒoƒo le gbe me ene.


Elabena woasi wo xoxoxo abe gbe ene, eye woayrɔ abe aŋgba ene.


Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


Ŋdi la eƒo se, eye wòdze, fiẽ la woyae, eye wòƒu.


Esia hã vɔ̃ gã wònye be, alesi wònɔ va la, nenema ke wòaganɔ ayi, eye viɖe kawòkpɔ, be wòdze agbagba ɖe ya me?


Baba na Efrayim-hamulawo ƒe dàdafiakuku kple eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le weinmulawo ƒe bali wɔnu ta me!


eye woava me na eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le bali wɔnu ta me la, abe gbotsetse, si ɖi, hafi dzomeŋɔli ɖo, esi, ne amea ɖe kpɔe la, mekpɔa ɖoa asi me hafi wòminɛ o la ene.


Dɔ kple tsikɔ mawu wo o, eye ŋdɔ kple ɣe maɖu wo o, elabena wo nuvela le wo kplɔm, eye woakplɔ wo ato tsidzidziwo ŋu.


ke esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖu wo, eye esi ke meli na wo o ŋuti la, woyrɔ.


gblɔ bena: Ame mlɔetɔ siawo wo do gaƒoƒo ɖeka ko, eye nèwɔ wo wosɔ kpli mi, amesiwo kpe hiã ŋkeke blibo la katã, eye ŋɖɔkutsu ɖu mi la.


Eye ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, si le gbedzi egbe, eye etso kasia woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mí xɔseʋeetɔwo!


eye esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖui; eye esi ke meli nɛ o ŋuti la, eyrɔ.


eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.


hena domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na mi,


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa