Tito 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19137 bena mí amesiwo wotso afia na to eƒe amenuveve me la, míazu agbe mavɔ ƒe domenyilawo le nukpɔkpɔ la nu. Onani mutuwoAgbenya La7 ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbãgo la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wona mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ. Onani mutuwo |
ke esi míenyae bena, wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔxɔse me ɖeɖeko ŋuti la, eyata míawo hã míexa Yesu Kristo dzi se, bene woatso afia na mí to Kristo dzixɔxɔse me, eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o; elabena wometsoa afia na ŋutilãa ɖeke tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.